Acts 27:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi míegadze mɔ tso afi ma teti ko la, míedo abala to Kipro ƒukpo la ƒe anyiehe gome, elabena ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi mieho tso afima la, mieɖo abala to Kipro ƒe anyiehe; elabena ya ƒo le mia kpem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Míeho tso afi ma, eye esi ya de asi ƒoƒo me le mía kpem ta la, míeto Kipro-ƒukpo la ƒe dzigbeme.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi míegadze mɔ tso afi ma tete ko la, ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí eye esia wɔe be míete ŋu zɔ mɔ to afi si wòle be míato o ke boŋ míeto Kipro ƒukpo la ƒe dzigbe gome. Esia gɔmee nye be míeto ƒukpo la kple anyigba la ŋutɔ dome ale be yaa megaɖe fu na mí o.