Acts 27:40 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mlɔeba la, woɖoe be yewoatee akpɔ, ale wolã sekeawo hegblẽ wo ɖe ƒua me, wotu kuɖɔkawo hã, eye wodo abala heɖo ta gota.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotso sekeawo hegblẽ ɖe ƒua me, eye wolũ kuɖɔkawo hã zi ɖeka, eye esi wodo abala la hekpe yae la, woɖo ta ƒuta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale wotso ka sekeawo ɖe ƒua me, eye wotu kuɖɔŋukawo hã zi ɖeka. Wodo abala hekpe ya lae, eye woɖo ta ƒuta la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mlɔeba la, woɖoe be yewoatee akpɔ, ale wolã sekeawo hegblẽ wo ɖe ƒua me, wotu kuɖɔkawo hã eye wodo abala heɖo ta gota.