Acts 27:44 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ame mamlɛawo dometɔ aɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi, eye bubuwo hã nanɔ ʋua ƒe kakɛwo dzi ayi gota. Ale ame sia ame dze agbagba alea ɖo gota dedie.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye ame mamleawo lã ɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi, eye ɖewo nanɔ ʋua ƒe kakɛa ɖewo dzi. Eye ale wòva me bena, wo katã wòde gota dedie.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ame mamlɛawo adze wo yome, ɖewo naku ɖe ʋuƒowo ŋu, eye bubuwo naku ɖe ʋua ƒe akpa siwo kaka la ŋu. Ale ameawo katã to mɔ sia dzi do ɖe gota dedie.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ame mamlɛawo dometɔ aɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi eye bubuwo hã nanɔ ʋua ƒe kakɛwo dzi ayi gota. Ale ame sia ame dze agbagba alea ɖo gota dedie.