Acts 28:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la, wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo, eye wòdidi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be, “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.” Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaadre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo, eye wòda akpe na Mawu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi nɔvi, siwo le afima la, se mia ŋkɔ la, wova kpe mi le keke Apiforo kple Tretaberne ke; esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye wòlé dzi ɖe ƒo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔvi siwo le Roma la se be míeva, eye wova do go mí le keke Apio-si me kple teƒe si woyɔna be “Amedzrodzeƒeetɔ̃awo” la ke. Esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye dzi gaɖo eƒo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo eye wòdidi tso Roma gbɔ abe kilometa blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.” Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe kilometa bladre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo eye wòda akpe na Mawu."