Acts 28:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva me bena, Paulo yɔ amesiwo nye amegãwo le Yudatɔwo dome la ƒo ƒu: eye esi wova ƒo ƒu la, egblɔ na wo bena: Nɔviŋutsuwo, nye la nyemewɔ naneke ɖe dukɔ la alo ɖe mía fofowo ƒe kɔnuwɔwɔawo ŋuti, hafi wodo gatɔm tso Yerusalem hede Romatɔwo si o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋkeke etɔ̃ megbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le afi ma la ƒe amegãwo va takpekpe. Esi wova la, egblɔ na wo be: “Nɔvinyewo, togbɔ be nyemewɔ nu gbegblẽ aɖeke ɖe mía detɔwo ŋu, alo da le mía tɔgbuiwo ƒe kɔnu aɖeke dzi o hã, wolém de gae le Yerusalem, eye wotsɔm de Romatɔwo si.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋkeke etɔ̃agbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu eye wòƒo nu na wo gblɔ be," “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ le afii. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum.