Acts 28:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye menye dɔmenyonyo via ɖe afimatɔwo wo na nu o; elabena wodo dzo, eye woxɔ mi katã ɖe egbɔ le tsidzadza kple vuvɔ ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ƒukpo sia dzi nɔlawo xɔ mí kple lɔlɔ̃ manyagblɔ, elabe esi tsi de asi dzadza me eye vuvɔ nɔ wɔwɔm la, wodo dzo yɔ mí katã be míava ƒu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu.