Acts 28:21 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la, ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi Kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woawo gblɔ nɛ bena: Miawo ta miexɔ agbalẽwo tso Yudea le ŋutiwò o; eye nɔviwo dometɔa ɖeke hã meva gblɔ nya vɔ̃ alo ƒo nu le ŋutiwò le afisia o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woawo gblɔ nɛ be: “Míawo la, míexɔ agbalẽ aɖeke tso Yudea le ŋuwò o. Gawu la, nɔviawo dometɔ aɖeke hã metso afi ma va ƒo nu, alo gblɔ nya vɔ̃ aɖeke le ŋuwò na mí o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o.