Acts 28:23 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe, eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒe aƒe me. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu, tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖiawo me. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale woɖo ŋkeke na Paulo. Esi ŋkekea de la, amewo va ƒo ƒu fũu ɖe eƒe dzeƒe la. Eɖe nya me na wo tso Mose ƒe se la kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbalẽwo me le Mawu ƒe fiaɖuɖu kple ame si Yesu nye la ŋuti. Ewɔ esia tso ŋdi va se ɖe fiẽ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒeme. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke.