Acts 28:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋuu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi to me na wo, eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wògblɔ to Nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi woƒe gbe mesɔ o la, wodzo le nya ɖeka, si Paulo gblɔ la ta bena, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nyuie na nua fofowo to nyagblɔɖila Yesaya dzi bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi memama va wo dome alea la, Paulo ƒo nu gblɔ nya ɖeka na wo hafi wokaka. Egblɔ na wo be: “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ɖe eteƒe, esime wòƒo nu to Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya dzi na mia tɔgbuiwo!
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋuu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi tome na wo eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wogblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be,