Acts 28:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu sia wɔ nuku, eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye; togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi afimatɔwo kpɔ lã la xatsa ɖe eƒe asi ŋu la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesia nye hlɔ̃dola, eye esi wòkpɔ ɖeɖe tso ƒu me hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia meɖe mɔ ne be, wòanɔ agbe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi afi ma tɔwo kpɔ da la wòxatsa ɖe eƒe asi la, wogblɔ na wo nɔewo be: “Ɖikeke aɖeke mele eme o, amewulae nye ŋutsu sia. Elabe togbɔ be wòdo le atsiaƒu si me hã la, Mawu di be yeahe to nɛ kple ku kokoko.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu sia wɔ nuku eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye. Togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.”