Acts 28:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ƒukpo sia ƒe Mɔmefia ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃ sɔŋ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye le afima nuto me la anyigbae ɖe li, si nye ƒukpo la ƒe amegã, si ŋkɔ nye Publio la tɔ; eya xɔ mí nyuie hewɔ amedzro na mí ŋkeke etɔ̃ sɔŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Anyigba aɖe te ɖe teƒe si míeɖi go ɖo la ŋu. Enye Publio, ame si nye fia le ƒukpoa dzi la, tɔ. Fia sia xɔ mí nyuie, eye wòkpɔ mía dzi hewɔ amedzro na mí ŋkeke etɔ̃.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ƒukpo sia ƒe gɔvina ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃ sɔŋ.