Acts 3:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Petro kpɔ esia la, egblɔ na wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi? Nu ka ta mile mía kpɔm abe míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le ame sia ŋu, ale be wòte ŋu le zɔzɔm ɖo mahã?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Petro kpɔe la, egblɔ na dukɔ la bena: Israel-ŋutsuwo, nukaŋuti miaƒe mo wɔ yaa le amesia ŋuti mahã? Alo nuka wɔ, eye mielé ŋku ɖe mia dzi gã, abe ɖe mieto mia ŋutɔwo ƒe ŋusẽ, alo vɔvɔ̃ na Mawu dzi wɔ be, amesia le azɔli zɔm ene?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Petro kpɔ ameawo la, egblɔ na wo be: “Israeltɔwo, nu ka ta nu sia wɔ nuku na mi ɖo? Nu ka ta miefɔ ŋku ɖe mía dzi, abe míawo ŋutɔ míaƒe ŋusẽ kple mawuvɔvɔ̃ mee míeto wɔ ame sia wòzɔ azɔli ene?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Enumake Petro wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋutidɔ heƒo nu na ameha la. Egblɔ na wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi alea gbegbe eye miebu be ŋusẽ tɔxɛ aɖee le míawo ŋutɔwo si alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le ame sia ŋu ale be wòte ŋu le zɔzɔm hã?”