Acts 3:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Medi be eme nakɔ na mi nyuie be Mawu si nye Abraham, Isak, Yakob kple mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu lae da gbe le ame sia ŋu be yeatsɔ ade bubu eƒe subɔla Yesu ŋu. Yesu si miede asi hegbe nu le egbɔ le Pilato ŋkume, togbɔ be Pilato dze agbagba ale gbegbe be yeaɖe asi le eŋu hafi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu si nye Abraham, Isak, Yakob kple mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋu. Ke miawo ya miedee asi, hegbe nu le egbɔ le Pilato ŋkume, evɔ la, Pilato ya ɖoe be yeaɖe asi le eŋu hafi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Medi be eme nakɔ na mi nyuie be Mawu si nye Abraham, Isak, Yakɔb kple mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu lae da gbe le ame sia ŋu be yeatsɔ ade bubu eƒe subɔla Yesu Kristo ŋu. Yesu Kristo siae nye ame si gbɔ miawo miegbe nu le le Pilato ŋkume, togbɔ be Pilato dze agbagba ale gbegbe be yeaɖe asi le eŋu, aɖe eƒe agbe tso ku me hafi hã.