Acts 3:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Le Yesu ƒe ŋkɔ me, to xɔse me tekunɔ sia, ame si miekpɔ, eye mienya nyuie la kpɔ dɔyɔyɔ. Yesu ƒe ŋkɔ kple xɔse si vana to eƒe ŋkɔ me lae na dɔyɔyɔ bliboe abe ale si mi katã miele ekpɔm ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye eƒe ŋkɔ la do ŋusẽ amesia, si kpɔm miele, eye mienya la, hena eƒe ŋkɔ dzi xɔse; eye dzixɔse, si to eyama dzi la, na lãmesesẽ blibo sia le mi katã ƒe ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu ƒe ŋkɔe do ŋusẽ ame sia. Eƒe ŋkɔ dzixɔsee na ŋutsu sia haya abe ale si wòdze ƒãã miele kpɔkpɔm ene. Yesu dzixɔsee na lãmesẽ blibo ŋutsu sia le mi katã mia ŋkume afii.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Yesu ƒe ŋkɔe da gbe le dɔnɔ sia ŋu. Miawo ŋutɔ mienya nuwɔametɔ si ƒomevi wònye va yi. Le nyateƒe me la, Yesu dzixɔse si Mawu ŋutɔ na mí la ƒe ŋusẽ mee dɔnɔ sia kpɔ hayahaya blibo sia tsoe.”