Acts 3:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi woɖo gbedoxɔ la gbɔ la, wokpɔ ŋutsu tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be, “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke, eye gbe sia gbe la, wokɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le ame siwo yina gbedoxɔ me la si.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotsɔ ŋutsua ɖe, si nye tekunɔ tso dadaa ƒe dome ke la ve, amesi wotsɔna dana ɖe mawuxɔ la ƒe ʋɔtru, si woyɔna be nyui la nu gbesiagbe, be wòabia nu le amesiwo yina ɖe mawuxɔa me la si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amewo kɔ ŋutsu aɖe gbɔna ɖe mawuxɔ la ƒe agbo si woyɔna be “Agbonyui” la nu. Ŋutsu sia nye tekunɔ tso esime wodzii. Wokɔnɛ va dana ɖe afi ma gbe sia gbe, wònɔa nu biam ame siwo gena ɖe mawuxɔa me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi woɖo gbedoxɔa gbɔ la, wokpɔ tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe agbo si woyɔna be “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke eye gbe sia gbe la eƒe ƒometɔwo kɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le afi ma.