Acts 3:25 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miawoe nye nyagblɔɖila siawo ƒe dzidzimeviwo, eye nu si Mawu bla kple mia tɔgbuiwo la, miawo hã miele eme. Mawu bla nu kple Abraham be, ‘Woayra xexea me blibo la to wò dzidzimeviwo dzi.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miawoe nye nyagblɔɖilawo kple nubabla, si Mawu bla kple mia fofowo ƒe viwo, esi wògblɔ na Abraham bena: „Eye le wò ƒome la me woayra anyigba dzi ƒomewo katã le.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miawoe nye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo viwo, eye miekpɔ gome le nu, si Mawu bla kple mia tɔgbuiwo la me. Mawu gblɔ na Abraham be: ‘Wò dzidzimeviwo dzi mato ayra xexemedukɔwo katã.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Miawoe nye nyagblɔɖila siawo ƒe dzidzimeviwo eye ŋugbe si Mawu do na mia tɔgbuiwo la, miawo hã miele eme. Mawu do ŋugbe na Abraham be, ‘Woayra xexeame blibo la to wò dzidzimeviwo dzi.’