Acts 3:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le nubabla sia ta, esi Mawu ɖo eƒe dɔla ɖe xexea me la, eɖoe ɖe mia gbɔ gbã be wòayra mi, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miawo Mawu fɔ eƒe dɔla ɖe tsitre na gbã, eye wòdɔe ɖa, be woayra mi le esi me be, mia dome amesiame natrɔ tso eƒe vɔ̃ɖinyenyewo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale esi Mawu na eƒe dɔla la va do la, mia gbɔe wòdɔe ɖa gbã, be wòayra mi, eye wòana mia dome ame sia ame nadzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋugbedodo sia ta, esi Mawu ɖo via ɖe xexea me la, eɖoe ɖe Israel dukɔ la gbɔ gbã be wòakplɔ mi, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ.”