Acts 3:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale wòti kpo, tsi tsitre hede asi azɔlizɔzɔ me. Enɔ kpo tim, nɔ zɔzɔm alea henɔ Mawu kafum, eye wòdze Petro kple Yohanes yome ge ɖe gbedoxɔ la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woti kpo hele tsitre nu, eye wozɔ azɔli; eye wòyi ɖe mawuxɔa me kpli wo le tsatsam hele du ƒum, eye wòle Mawu kafum.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eti kpo tsi tsitre hede asi azɔlizɔzɔ me. Ege ɖe mawuxɔ la me kpli wo, le zɔzɔm le kpo tim hele Mawu kafum.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale wòti kpo, tsi tre hede asi azɔlizɔzɔ me. Enɔ kpo tim nɔ zɔzɔm alea henɔ Mawu kafum eye wòdze Petro kple Yohanes yome ge ɖe gbedoxɔa me.