Acts 5:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Enumake Safira hã mu dze anyi heku ɖe Petro ƒe afɔ nu eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe kukua le anyigba la, wokɔ eya hã ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wòdze anyi enumake ɖe eƒe afɔ nu, eye eƒe agbe nu tso. Eye esi ɖekakpuiawo va me la, wokpɔ bena, eku, eye wotsɔe do go ɖaɖi ɖe srɔ̃a gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Enumake nyɔnu la dze anyi ɖe Petro ƒe afɔnu heku klenee. Esi ɖekakpuiawo ge ɖe eme la, wokpɔ be nyɔnua ku ɖi. Ale wokɔ eya hã yi ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Enumake Safĩra hã mu dze anyi heku, eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe kukua le anyigba la, wokɔ eya hã yi ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa.