Acts 5:2 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ke Anania tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo, nu si le nyanya me na srɔ̃a, Safira hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wotsɔ ga la ƒe ɖe ɣla, nusi me srɔ̃a hã nya, eye wotsɔ eƒe ɖe va da ɖe apostolowo ƒe afɔ nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eɖe ga la ƒe ɖe dzra ɖo, eye wòtsɔ esi susɔ la vɛ na amedɔdɔawo. Nu sia nɔ nyanya me na srɔ̃a hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
ke Anania tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo be eyae nye ga si yekpɔ. Nuwɔna sia nɔ nyanya me na srɔ̃a, Safĩra, hã.