Acts 5:21 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ŋu ke la, apostoloawo va ɖo gbedoxɔ la me abe ale si wogblɔ na wo la ene, eye wodze nufiafia ameawo gɔme. Sẽe ko la, nunalɔgã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Israel ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo be woaɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wosee la, woto dzi yi mawuxɔ me le ŋdikanya, eye wòfiã nu. Ke nunɔlagã kple amesiwo le eŋu la, wova, eye woyɔ adaŋudelawo kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã va ƒo ƒu, eye wodo ɖo ɖe gaxɔ me, be woakplɔ wo vɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi amedɔdɔawo se nya sia la, woge ɖe mawuxɔ la me fɔŋli, eye wofia nu ameawo. Azɔ esi nunɔlagã la kple eŋumewo va la, woyɔ adaŋudelawo kple ame tsitsi siwo le Israel la vɛ. Wodɔ amewo ɖo ɖe gaxɔa me be woakplɔ amedɔdɔawo vɛ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Apostoloawo va ɖo gbedoxɔa me le ŋdi kanya eye wodze mawunyagbɔgblɔ gɔme. Sẽ ko la, Osɔfogã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo ɖa be woayi aɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo.