Acts 5:23 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Esi míede la, míekpɔ gaxɔ ƒe agboawo nɔ tutu goŋgoŋ. Asrafowo nɔ tsitre ɖe agboa nu pɛpɛpɛ, gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Míekpɔ gaxɔa wòle tutu nyuie pɛ, eye dzɔlawo le tsitre le ʋɔtrua nu; gake esi míeʋui la, míekpɔ amea ɖeke le eme o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Esi míede la, míekpɔ gaxɔa ƒe ʋɔwo wole tutu pɛpɛpɛ, eye dzɔlaawo hã nɔ ŋu, le tsitre le agboa nu. Ke esi míeʋu ʋɔawo la, míekpɔ ame aɖeke le xɔa me o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Esi míede la, asrafowo nɔ agboa nu dzɔm pɛpɛpɛ eye ʋɔtrua hã nɔ tutu goŋgoŋgoŋ gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.”