Acts 5:24 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nya sia ʋuʋu gbedoxɔdzikpɔlawo ƒe amegã kple nunɔlagãwo ŋutɔ, eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o, eye womenya ɣe ka ɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi mawuxɔdzikpɔla kple nunɔlagãwo se nya siawo la, wotsi dzodzodzoe le wo ŋuti bena: Nuka goe nye esia?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ esi mawuxɔdzikpɔlawo ƒe amegã kple nunɔlagãwo se nya sia la, wotɔtɔ ale gbegbe eye wonɔ tame bum le nu si ava dzɔ emegbe la ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nya sia ʋuʋu asrafo siwo kpɔa gbedoxɔa dzi ƒe amegã kple Osɔfogãwo ŋutɔ eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o eye womenya ɣekaɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o.