Acts 5:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Enumake asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi, eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete la aʋafia kple atikplɔtɔwo to edzi yi ɖakplɔ wo vɛ, menye sesẽtɔe o, elabena wovɔ̃ dukɔ la, bena woagaƒu kpe yewo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete mawuxɔdzikpɔlawo ƒe amegã kplɔ eteviwo yii, eye wokplɔ amedɔdɔawo vɛ. Wometsɔ sesẽ kplɔ woe o, elabe wole vɔvɔ̃m be amehawo aƒu kpe yewo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Enumake, asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabe wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo awu.