Acts 5:28 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ebia wo be, “Menye ɖe míede se na mi vevie be miagafia nu le ŋkɔ sia me azɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka míaƒe nufiafia ɖe Yerusalem du blibo la me, eye mieɖoe kplikpaa be yewoatsɔ ame sia ƒe ku aɖo mía dzi!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alo ɖe menye se miede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatso ame sia ƒe ʋu aɖo mia dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Míede se na mi vevie be miagafia nu le ame sia ƒe ŋkɔ me o, gake miena miaƒe nufiafia kaka ɖe Yerusalem-du blibo la me, eye mieɖoe be yewoahe fiƒode si le eƒe ku me la ava mía dzi.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi apostoloawo va ɖo Takpekpea me nɔlawo ŋkume la, Osɔfogã bia be, “Menye ɖe míede se na mi be miadzudzɔ Yesu sia ƒe ŋutinya gbɔgblɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka nya sia ɖe Yerusalem du bliboa me kple susu be amewo nabu fɔ mí be míeda vo be míewu Yesu sia!”