Acts 5:34 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Farisitɔ aɖe le wo dome si ŋkɔe nye Gamaliel, enye agbalẽfiala hã, eye amewo katã dea bubu eŋu. Etsi tsitre le takpekpea me gblɔ be woaɖe kpɔ apostoloawo vie.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke farisitɔa ɖe, si ŋkɔ nye Gamaliel, sefiala, si dukɔ la katã buna la, tsi tre le ʋɔnudrɔ̃lawo me; eye wòde se be, woakplɔ amesiawo ado goe ʋee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ŋutsu aɖe nɔ ʋɔnudrɔ̃laawo dome. Enye Farisitɔ kple sefiala si dukɔ blibo la buna. Eŋkɔe nye Gamaliel. Ame sia tsi tsitre eye wòbia be woakplɔ amedɔdɔawo adoe vie.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ametsitsiawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Gamaliel ame si hã nye Farisitɔ xɔŋkɔ aɖe si nya xɔsenyawo ƒe sea nyuie la, tsi tre heƒo nu na takpekpea me nɔlawo. Ke hafi wòadze nua ƒoƒo gɔme la, ebia be woakplɔ apostoloawo aɖe kpɔe vie.