Acts 5:36 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɣeyiɣi aɖe va yi la, Teuda aɖe va do ɖe mía dome, eye wòwɔ eɖokui hlodzoo be yenye amegã aɖe. Ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome. Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ, eye eyomedzelawo katã kaka gbẽe, eye nu nyui aɖeke medo tso eme o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena hafi ŋkeke siawo naɖo la, Teuda tsi tre gblɔ bena, ye enye amea ɖe, amesi ŋu ŋutsuwo woanɔ alafa ene ku ɖo; wowu eya, eye ame geɖe alesi ɖo toe la, ka hlẽ, eye meva zu naneke o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣeyiɣi aɖewoe nye esi va yi la, Teuda va do, be ame tɔxɛ aɖee yenye, eye ame abe alafa ene sɔŋ ene dze eyome. Wowui, ke ame siwo katã dze eyome la ka hlẽ eye nya si wòtsɔ vɛ la meva zu naneke o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Miawo ŋutɔwo miaɖo ŋku edzi kɔtee be, ɣeyiɣi aɖe va yi la, ɖekakpui aɖe va do ɖe mía dome eye wòwɔ eɖokui hlodzoo be yenye ame gã aɖe. Ẽ, le nyateƒe me la, ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome. Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ eye eyomedzelawo katã kaka gbẽ, ke nya vɔ̃ aɖeke medzɔ o.