Acts 5:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe anyigba la menye tɔwò hafi nèdzrae oa? Eye esi nèdzrae la, ɖe ga la menye tɔwò oa? Nu kae wɔ wò be nèɖe afɔ sia? Menye amegbetɔe nèda alakpa na o, ke boŋ Mawue.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi woli la, ɖe menye tɔwòe oa? Eye esi nètsɔe dzra la, ɖe menye wò ŋusẽ nue oa? Nukaŋuti nètsɔ nuwɔwɔ sia ɖo wò dzi me mahã? Menye amewo nèka aʋatso na o, ke na Mawu boŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi mèdzra anyigba la o ɖe, ɖe menye tɔwòe wònye oa? Azɔ esi nèdzrae la, àte ŋu awɔ eŋudɔ ale si nèlɔ̃. Nu ka ta nèɖo tame be yeawɔ nu sia? Menye amegbetɔ nèka aʋatso na o, ke boŋ Mawu ye.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Anyigba la, wò ŋutɔ tɔwòe eye ne edze ŋuwò la, ãte ŋu adzrae, ke ne mèlɔ̃ o hã la, mãdzrae o. Nenema ke esi nèdzrae vɔ la, ŋusẽ le asiwò be nãtsɔ ga la ƒe akpa si dze ŋuwò la vɛ na mí. Ke nu ka tae nètsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo heva le gbɔgblɔm be ga la katãe nye esia? Menye amegbetɔ blem nèle o ke boŋ Mawu ŋutɔ blem nèle.”