Acts 5:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Petro gblɔ na Safira be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wò, Anania, miewɔ ɖeka be yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? Kpɔ ɖa ɖekakpui siwo ɖi srɔ̃wò ƒe kukua la, woawoe nye ema le xɔa mɔnu le wò hã lalam ne woakɔ wò hã ayii.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye! Petro gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, miaƒe nu sɔ ale be, miete Aƒetɔ: la ƒe Gbɔgbɔ la kpɔ mahã? Kpɔ ɖa, amesiwo ɖi srɔ̃wò la ƒe afɔwo le ʋɔtrua nu, be woatsɔ wò hã ado goe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Petro gblɔ nɛ be: “Ale ke wɔ mi ame evea miesɔ nu le Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ la tem kpɔ? Kpɔ ɖa, ɖekakpui siwo yi ɖaɖi srɔ̃wò la, woawoe nye ekem trɔ va le ʋɔtrua nu. Woakɔ wò hã ayii.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Petro gblɔ na Safĩra be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wò, Anania, miewɔ ɖeka be yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? Đekakpui siwo ɖi wò aƒetɔ ƒe kukua woe nye ema le xɔa godo le wò hã lalam.”