Acts 6:1 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esime xɔsetɔawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi atraɖii ta la, liʋĩliʋĩlilĩ aɖewo va nɔ ta dom ɖa le wo dome. Xɔsetɔ siwo doa Grikigbe la tsɔ nya ɖe xɔsetɔ siwo doa Hebrigbe la ŋuti be ne wole gbe sia gbe nuɖuɖu nam la, sue aɖe koe wonaa ahosi siwo doa Grikgbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye le ŋkeke siawo me, esime nusrɔ̃lawo le agbɔ sɔm la, liʋiliʋi ɖo Helatɔwo dome de Hebritɔwo ŋu, elabena wosaa woawo ƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbe dzikpɔkpɔ la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣeyiɣi siawo me la, nusrɔ̃lawo va nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi. Ale xɔsetɔ siwo doa Hela-gbe la lĩ liʋiliʋĩ be, ne Hebritɔwo le nu siwo ŋudɔ wowɔna gbe sia gbe la mam la, wotsoa yewoƒe ahosiwo ɖi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esime xɔsetɔawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi atraɖii ta la, liʋiliʋĩlilĩ aɖewo va nɔ ta dom ɖa le wo dome. Wo dometɔ siwo nye Helatɔwo la gblɔ bena ameŋkumekpɔkpɔ le ta dom ɖa le nuɖuɖumama me, elabena womenaa nuɖuɖu Helatɔ siwo nye ahosiwo la wòdea Hebritɔ siwo hã nye ahosiwo la tɔ nu o.