Acts 6:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Aʋatsoɖaseɖila siawo va ɖi ɖase le eŋu le ʋɔnua be, “Ame sia ƒe nuƒoƒo tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔe la kple Mose ƒe sewo ŋu ɣe sia ɣi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye woɖo aʋatsoɖaseɖilawo, amesiwo gblɔ bena: Nenem me sia midzudzɔ nuƒoƒo ɖe teƒe kokoe la kple se la ŋu o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wodi aʋatsoɖaseɖilawo ɖe eŋu. Ame siawo va gblɔ be: “Ŋutsu sia la, busunya ko gblɔm wòle ɖe kɔkɔeƒe sia kple Mose ƒe se la ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Aʋatsoɖaseɖila siawo gaɖi ɖase ɖe eŋu le takpekpea me be, “yewo ŋutɔ yewose Stefano wònɔ fewu ɖum le Yerusalem gbedoxɔ la kple Mose ƒe sewo ŋu.”