Acts 6:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta nɔviwo, mitia mia dometɔ adre siwo sea nu gɔme, ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu, eye ame sia ame kpɔ ŋudzedze le wo ŋu, ne míatsɔ nuɖuɖudzikpɔdɔ sia ade wo si koŋ,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta, nɔviwo, mitia ame adrẽ siwo dzi mieka ɖo, ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le, eye wonye nunyalawo la tso mia dome, míatsɔ aɖo dɔ sia nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Nɔviwo, mele be míawo míatsɔ nuɖuɖudzikpɔkpɔ awɔ míaƒe dɔ o. Míaƒe dɔe nye be míagblɔ mawunya. Eya ta mitsa ŋku le mia ɖokuiwo dome, miatia mia dometɔ adre siwo sea nu gɔme, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ wo me fũ eye ame sia ame kpɔ ŋudzedze le wo ŋu. Ne mietia ame siawo la ekema míatsɔ nuɖuɖudzikpɔdɔ sia ade wo si koŋ,