Acts 6:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia megbe la, apostoloawo kple xɔsetɔ bubuawo gblɔ mawunya le teƒeteƒewo, eye Yesu yomedzelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũu le Yerusalem, nenema ke Yudatɔwo ƒe nunɔla geɖewo gɔ̃ hã trɔ zu kristotɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mawunya la keke ta, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agba sɔm ŋutɔ le Yerusalem; eye nunɔlawo ƒe ha gãa ɖe hã na ta xɔse la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu ƒe nya la va keke ta ɖe edzi. Nusrɔ̃la siwo le Yerusalem la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũu, eye nunɔla geɖewo hã va le xɔse la me ɖom.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le esia megbe la apostoloawo kple xɔsetɔ bubuawo gblɔ mawunya le teƒeteƒewo eye Yesu yomedzelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũ le Yerusalem, nenema ke Yudatɔwo ƒe Osɔfo geɖewo gɔ̃ hã trɔ zu kristotɔwo.