Acts 6:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke yometiti va na xɔseha tso Yudatɔwo ƒe xɔseha aɖe si woyɔna be, Ablɔɖe ƒuƒoƒe la me. Ha sia me nɔlawo nye Yudatɔ siwo tso Kirene, Aleksandria kple Kilikia nutowo me kpakple Asia. Ame siawo de asi nyahehe me kple Stefano.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amea ɖewo tso ƒuƒoƒe, si woyɔna be Libertine-tɔwo kple Kirenetɔwo kple Aleksandriatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, kpakple amesiwo tso Kilikia kple Asia la, tsi tre hele nusesẽe wɔm kple Stefano.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ame aɖewo tsi tre ɖe eŋuti. Ame siawo tso Ablɔɖetɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me. Emenɔlawo tso Kirene kple Aleksandria, eye ɖewo hã tso Kilikia kple Asia. Woʋli nya kple Stefano,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke gbe ɖeka la, Stefano do go Yudatɔwo ƒe xɔsehabɔbɔ tɔxɛ aɖe si woyɔna be, “Ablɔɖeviwo” la, me tɔwo eye ame siawo de asi nyahehe me kplii vevie. Sẽ ko la, Yudatɔ bubu siwo tso Kirene, Aleksandria le Egipte kple Kilikia kpakple Asia la va kpe ɖe “Ablɔɖeviawo” ŋu le nyaa hehe me.