Acts 7:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Stefano ɖo eŋu be, “Nɔviwo kple fofowo miɖo tom. Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ŋutɔ ɖe eɖokui fia mía tɔgbui Abraham le esime wònɔ Mesopotamia hafi wòva yi Haran.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye eya gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to! Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mía fofo Abraham, esime wòle Mesopotamia, hafi wòva nɔ Xaran,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Stefano ɖo eŋu be: “Nɔvinyewo kple tɔ́nyewo, misee ɖa! Hafi mía tɔgbui Abraham naʋu aɖanɔ Xaran la, Mawu Ŋutikɔkɔetɔ la ɖe eɖokui fiae le Mesopotamia.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Stefano ƒo nu legbe aɖe heɖe nya me na wo be, “Nɔvinyewo kple fofonyewo, misee ɖa!, Mawu bubutɔ la ŋutɔ ɖe eɖokui fia mía tɔgbui Abraham le esime wònɔ Mesopotamia hafi wòva yi Haran.