Acts 7:24 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le tsaɖiɖi sia me la, eva ke ɖe Israel ɖekakpui aɖe kple Egiptetɔ aɖe ŋu wonɔ dzre wɔm. Mose kpɔe be Egiptetɔ la nɔ Israel ɖekakpui la ƒom, nɔ funyafunya wɔmii, eya ta edze Egiptetɔ la dzi hewui.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòkpɔ be, wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe wo dometɔ ɖeka ŋu la, exɔ nɛ, eye wòɖo hlɔ̃ ɖe aka na amesi wote ɖe anyi, esi wowu Egiptetɔ la;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekpɔ be Egiptetɔ aɖe le anyra wɔm le Israel vi aɖe ŋu. Esi wòyi xɔxɔ ge na Israel vi si ŋu nu té la, eƒo Egiptetɔ la wu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le tsaɖiɖi sia me la eva ke ɖe Israel ɖakakpui aɖe kple Egiptetɔ aɖe ŋu wonɔ dzre wɔm. Mose kpɔe be Egiptetɔ la nɔ Israel ɖekakpuia ƒom nɔ funyafunya wɔmii eya ta edze Egiptetɔ la dzi hewui.