Acts 7:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ, ne miawɔ ɖeka.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi ŋu gake la, eva ɖo ɖe wo dzi, le esime wole kɔ dam, eye wòlé avu wo gblɔ bena: „Ŋutsuwo, nɔviwò míenye! Nukaŋuti miele nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mia nɔewo ŋu?“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋufɔke la, Mose gava. Eva ke ɖe ame eve ŋu wole kɔ dam, eye wòbe yealé avu wo. Egblɔ na wo be: ‘Mikpɔ ɖa! Nɔviwo mienye, nu ka ta miele nu vevi wɔm mia nɔewo?’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋufɔke la Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ ne miawɔ ɖeka.’”