Acts 7:31 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Mose kpɔ dzobibia la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ, eya ta eƒu du yi teƒea be yeakpɔ nu si wònye. Ke esi wòƒu du yina la, ese Mawu ƒe gbe be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Mose kpɔe la, eƒe mo wo yaa le nukpɔkpɔ la ŋuti, ke esi wote ɖe eŋu, be yeakpɔe nyuie la, Aƒetɔ la ƒe gbe ɖi va: egbɔ bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Mose kpɔ nu sia la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ. Ete ɖe eŋu be yeakpɔe nyuie, ke Aƒetɔ la ƒe gbe ɖi be:
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Mose kpɔ dzobibia la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ eya ta eƒu du yi teƒea be yeakpɔ nu si wònye. Ke esi wòƒu dua yina la, ese Mawu ƒe gbe bena.