Acts 7:33 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Mawu ƒe gbe yi edzi gblɔ nɛ be, ‘Ɖe wò afɔkpawo le afɔ, elabena teƒe si nèle la nye teƒe kɔkɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: „Ɖe atokotawo le wò afɔ; elabena afisi nèle tsi tre ɖo la, anyigba kokoe ye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: ‘Ɖe afɔ le afɔkpa me, elabe afi si nètsi tsitre ɖo la teƒe kɔkɔe ye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawu ƒe gbe yi edzi gblɔ nɛ be, ‘ Đe wò afɔkpawo le afɔ elabena teƒe si nèle la nye teƒe kɔkɔe.