Acts 7:34 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mekpɔ fu gã si kpem vinyewo le le Egiptenyigba dzi, eye mese woƒe nublanuiɣli si dom wole la hã, eya ta meva be maɖe wo tso fukpekpe sia me. Va ne madɔ wò ɖe Egipte ne nàwɔ dɔ sia nam.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe mekpɔ nye dukɔ, si le Egipte la, ƒe momenuveve, eye mese woƒe ŋeŋe, eye meɖi va wo ɖe ge, eye azɔ va, ne mado wò ɖe Egipte.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mekpɔ ale si wole fu fiam nye dukɔ la le Egipte la kɔtɛe. Mese woƒe ŋeŋe, eya ta meɖi va wo ɖe ge. Azɔ va, ne madɔ wò ɖe Egipte.’ ”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mekpɔ fu gã si kpem vinyewo le le Egipte nyigba dzi, eye mese woƒe nublanuiɣli si dom wole la hã. Eya ta meva be maɖe wo tso fukpekpe sia me. Va ne madɔ wò ɖe Egipte ne nãwɔ dɔ sia nam’