Acts 7:35 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale Mose si gbɔ etɔwo gbe nu le, eye wobiae be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía dzi hã?’ la, eyae Mawu ɖo ɖa be wòanye woƒe ɖela kple kplɔla to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mose sia, tsi gbe wogbe nu le gblɔ bena: „Amekae ɖo wò dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃la la,“ eya Mawu do abe dziɖula kple ɖela ene to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la ƒe asi dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Togbɔ be Mose siae wogbe hegblɔ na be, ‘Ame kae ɖo wò dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃lae?’ hã la, eyae Mawu va dɔ, to mawudɔla si ɖe eɖokui fiae le ŋuve si le dzo bim me la dzi, be wòanye wo dziɖula kple wo xɔla.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale Mose si gbɔ etɔwo gbe nu le eye wobiae be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mia dzi hã?’ la, eya kee Mawu gaɖo ɖa be wòanye woƒe ɖela kple kplɔla.