Acts 7:36 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dzĩ la me, eye wozɔ mɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesia kplɔ wo do goe, eye wòwɔ nukunuwo kple dzesiwo le Egipte-nyigba dzi kple Ƒudzie la nu kpakple gbedzi ƒe blane sɔŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mose kplɔ wo dzoe tso Egipte. Ewɔ nukunu kple dzesi geɖewo le Egipte-nyigba dzi, le Aƒlaƒu la nu kple le gbedadaƒo, ƒe bla ene sɔŋ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dzĩe la me eye wozɔ mɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ.