Acts 7:42 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu, eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe ale si woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene. “ ‘Israeltɔwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ mahã?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Mawu trɔ ɖe wo, eye wòtso wo na dziƒoha ƒe subɔsubɔ, abe alesi woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene bena: „Israel-ƒeme, alo nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo vɛ na le ƒe blanea me le gbedzia?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Mawu gbugbɔ le wo yome eye wòtsɔ wo de asi be woasubɔ dziŋgɔlimenuwo abe ale si eƒe gbeƒãɖelawo ŋlɔe ɖi ene be: ‘O Israel-dukɔ, nyee miewu lãwo hesa vɔ na le ƒe bla ene me le gbedadaƒoa?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe woƒe mawuwo ene. Mawu bia wo to nyagblɔɖila Amos dzi be, Israelviwo, esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ ɖe, nyee mienɔ vɔ sam naa?