Acts 7:43 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kpao, menye nyee miesa vɔ na o, ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ Molek ƒe agbadɔ kple mawu Refan ƒe ɣletivinɔnɔme, siwo nye legba miewɔ be miasubɔ la ŋu. Le esia ta la, maɖo mi ɖe aboyo me, ayi keke Babilonia godo ke.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ẽ, mietsɔ Molox ƒe agbadɔ kple mawu Romfan ƒe ɣletivi, nɔnɔme, siwo miewɔ, be miasubɔ la, ɖe asi eye made asi le mia ŋu, be miayi Babilonia godoo.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menye mawu, Molox ƒe nɔƒe kple Romfan ƒe ɣletivi ƒe nɔnɔme, miewɔ hesubɔ oa? Eya ta mana miayi aɖanɔ ame bubuwo ƒe anyigba dzi le keke Babilonia godo ke.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Kpao, menye nyee miesa vɔ na o ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ miaƒe trɔ̃ siwo ƒe ɖewo nye, ɣletiviwo la kple miaƒe legba bubuwo ŋu. Le esia ta mana woaɖe aboyo mi, akplɔ yi abe kluviwo ene ayi keke Babilonia godo ke.”