Acts 7:45 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yosua va zu kplɔla, eye wòho aʋa ɖe dukɔwo ŋu la, wokɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋuti dɔ va se ɖe Fia David ŋɔli.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Agbadɔ sia hã ɖo mia fofowo si me, eye woawo kple Yosua wotsɔe va dukɔ, siwo Mawu tu asii ɖa tso mia fofowo ƒe ŋku me la ƒe anyigba dzi vaseɖe Dawid ƒe ŋkekeawo dzi,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Agbadɔ sia, si mía tɔgbuiwo xɔ tso wo tɔ́wo gbɔ la, nɔ wo si esime Yosua nɔ wo kplɔm, eye woxɔ dukɔ siwo Mawu nya ɖa le wo ŋgɔ la ƒe anyigba. Enɔ wo dome va se ɖe David ŋɔli.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ƒe aɖewo megbe esi Yosua va zu kplɔla eye wòho aʋa ɖe Trɔ̃subɔdukɔwo ŋu la wotsɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋutidɔ va se ɖe Fia David ŋɔli.”