Acts 7:5 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke na Abraham be wòanye etɔ o. Menye afɔ ɖeka teti hã o. Gake Mawu do ŋugbe nɛ be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la azu eya kple eƒe dzidzimeviwo tɔ, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abraham si haɖe o hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye mena domenyinyia ɖekee ɖe edzi o, menye afɔ ɖeka ƒe kekeme hã o; eye wòɖo ŋugbe bena, yeatsɔe anae wòanye eya kple eƒome, si gbɔna le emegbe la to, esi vi mele esi haɖe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣe ma ɣi la, Mawu meka anyigba la ƒe akpa aɖeke si anɔ abe afɔ ɖeka pɛ teti ene hã na Abraham, be wòanye eya ŋutɔ tɔ o. Gake Mawu do ŋugbe be yeatsɔ anyigba la ana eya kple eƒe dzidzimeviwo, wòanye wo tɔ tegbee, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abraham si ɣe ma ɣi o hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke tete na Abraham be wòanye etɔ o.“Boŋ la Mawu do ŋugbe nɛ be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la azu eya kple eƒe dzidzimeviwo tɔ, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abrahan si haɖe o hã.