Acts 7:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu gagblɔ na Abraham be, ‘Wò dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi aɖanɔ dzronyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ale Mawu ƒo nu enye esi bena, eƒe dzidzimeviwo anye amedzrowo le dzronyigba dzi, eye woawo wo kluviwoe, eye woasẽ ŋutɔ le wo ŋu ƒe alafa ene sɔŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu si Mawu gblɔ nɛ lae nye be: ‘Wò dzidzimeviwo anye amedzro le anyigba aɖe si menye wo de o la dzi. Woanɔ afi ma abe kluviwo ene ƒe alafa ene sɔŋ, eye woawɔ fu wo vevie.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawu gagblɔ na Abraham be, eƒe dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi ayi aɖanɔ dzronyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene.