Acts 7:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta la, esi Isak si nye Abraham ƒe viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakob, ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòna aʋatsotso ƒe nubablae, eye ale wòdzi Isak, eye wòtso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe; eye Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi tɔgbui wuieveawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Mawu bla nu kple Abraham. Nubabla sia ƒe dzesidenue nye aʋatsotso. Eya ta esi Abraham dzi Isak la, etso aʋa nɛ le ŋkeke enyia gbe. Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi tɔgbui wui eveawo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Stefano yi eƒe nuƒoa dzi be, “Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta esi Isak si nye Abraham viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakɔb ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso.