Acts 8:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esi Petro kple Yohanes ɖi ɖase hegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la vɔ la, wogatrɔ yi Yerusalem. Wotɔ ɖe Samaria kɔƒe geɖewo hã me le mɔa dzi, hegblɔ nyanyui la na amewo le afi siawo hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ woawo la, esi woɖi ɖase, eye wogblɔ Aƒetɔ ƒe nya la vɔ la, wogagbugbɔ va Yerusalem; eye wogblɔ nyanyuie la fia le Samaria ƒe kɔƒe geɖewo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ esi Petro kple Yohanes ɖi ɖase, eye wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la vɔ la, wogbugbɔ yi Yerusalem, le gbeƒã ɖem Nyanyui la le Samaria-kɔƒe geɖewo me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Petro kple Yohanes nɔ Samaria hegblɔ mawunya sẽ hafi gatrɔ yi Yerusalem. Wotɔ ɖe Samaria kɔƒe geɖewo hã me le mɔa dzi, hegblɔ nyanyui la na amewo le afi siawo hã.