Acts 8:27 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Filipo tso heyi abe ale si wogblɔ nɛ la ene; eye kasia ekpɔ Etiopia ŋutsu aɖe, si nye fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ kple gadzikpɔla gã la. Etso Yerusalem, afi si wòɖawɔ subɔsubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la me le,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòtsi tre heyi; eye kpo ɖa, Etiopia-ŋutsua ɖe, aƒedzikpɔla, si nye Etiopia-towo ƒe fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ, amesi kpɔa eƒe kesinɔnuwo katã dzi la, eya va Yerusalem gbe do ge da;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣeyiɣi sia me la, Etiopia dudɔwɔla si kpɔa fianyɔnu, Kandake, ƒe kesinɔnuwo katã dzi la trɔ tso gbedoɖaƒe le Yerusalem,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Filipo wɔ abe ale si wogblɔ nɛ la ene eye kasia ekpɔ ame aɖe si tso Yerusalem gbɔna le mɔa dzi. Ame siae nye Etiopia ŋutsu aɖe, si nye fianyɔnu Kandake ƒe gadzikpɔla gã la. Etso Yerusalem afi si wòyi ɖawɔ subɔsubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la me,